Gbe Si Gbe Ɣe Dzo La
Khothatso Ranoosi
Jesse Breytenbach

Dada Ɣe ɖoe be yeasrã ye nɔvi nyɔnu, dzinu kpɔ. Davi Dzinu le dziŋgɔli ƒe akpa kemɛ. Ɣe gblɔ na lilĩkpoawo be, "Mele gbɔgbɔ ge fifia."

1

Esi Ɣe dzo la, togbeawo bla woƒe taku ɣiwo.

2

Ʋiʋli ge ɖe yaƒoƒo kple atiawo dome. Atiawo do dɔmedzui. Wokaka woƒe aŋgbawo ɖe teƒe ɖe sia ɖe.

3

Dziŋgɔli de asi gbeɖeɖe me. Ale wὸfu kpii.

4

Nublanui lé lilĩkpoawo be wokpɔ nu siawo katã teƒe. Wode asi avifafa me. Wofa aɖatsi ŋutɔ.

5

Xexea me katã de asi nyɔyrɔ me ɖe tsi gɔme.

6

Ke le dziŋgɔli ƒe akpa kemɛ ya la, Ɣe nɔ klalo be yeadzo le ye nɔvi nyɔnu gbɔ. Egbugbɔ nu na dzinu eye wὸdzo le egbɔ heyi ɖe aƒe me.

7

Dzi dzɔ dziŋgɔli ŋutɔ esi wὸkpɔ Ɣe, ale eƒe amadede blɔ me gaklẽ. Togbeawo ge ɖe woƒe gbemuwu dzeaniwo me.

8

Yaƒoƒo yi ɖamlɔ anyi. Atiawo he woƒe aŋgbawo me eye woko alɔgbɔnu.

9

Edo dzidzɔ na lilĩkpoawo ŋutɔ be wogakpɔ wo dada Ɣe. Wodzo yi ɖa fe fe.

10

Numemie sue geɖewo ho tso anyigba me be yewoado "Dzaa nɛ." Xexea me katã klẽ.

11

Dada Ɣe klẽ ɖe afi sia afi. Eko alɔgbɔnu eye wὸgblɔ be, "Megblɔ na mi be matrɔ gbɔ."

12
You are free to download, copy, translate or adapt this story and use the illustrations as long as you attribute in the following way:
Gbe Si Gbe Ɣe Dzo La
Author - Khothatso Ranoosi, Marion Drew
Translation - Kumah Godwin Kwaku (OLE Ghana)
Illustration - Jesse Breytenbach
Language - Ewe
Level - First sentences