Kiundu Ɖokuitɔdila
Mutugi Kamundi
Zablon Alex Nguku

Le blema la, ŋutsu aɖe nɔ Nyamani kɔƒe me si woyɔna be Kiundu. Elɔ̃a nutsu ɖuɖu. Ʋulẽ koŋ ye wὸɖuna.

1

Gbe ɖeka la, kɔƒea me fia kpe kɔƒea metɔwo ɖe via ŋutsuvi ƒe alɔlelé ŋuti.

2

Kiundu hã se amewo nɔ nu ƒom tso srɔ̃ɖezã bubu ŋutile kɔƒe si te ɖe wo ŋu si woyɔna be Katumbi la me. Kiundi bui be, "Nuɖuɖu kpekpé eve dze ŋkeke ɖeka dzi!"

3

Kiundu gblɔ na eɖokui be, "Ele nam be made nuɖuɖu kpekpé eveawo katã me." "Mazɔ yi Katumbi gbã eye matrɔ gbɔ va Nyamani."

4

Kiundu fɔ ŋdi kanya eye wὸzɔ yi Katumbi kɔƒea me. Esi wὸɖo afi ma la, ekpɔ be nuɖalawo meɖa nua vɔ o. Kiundu ɖoe be, "Matrɔ yi Nyamani eye magatrɔ gbɔ va Kiundu emegbe."

5

Kiundu trɔ yi Nyamani henɔ mɔ kpɔm be ʋulẽ la abi hafi yeaɖo. Dɔ hã nɔ ewum azɔ̃. Gake dzɔgbevɔ̃etɔe la, nuɖuɖu la mebi hafi wὸɖo Kutumbi hã o.

6

"Wodze nuɖaɖa gɔme hafi medzo le Katumbi." "Edze be nuɖuɖua nabi azɔ̃." Eya ta Kiundu gatrɔ yi Katumbi. Azɔ̃ la, dɔ nɔ ewum vevie ŋutɔ.

7

Hafi Kiundu naɖo Katumbi la amewo ɖu nua vɔ xoxo. Amekpekpewo nɔ nu nam srɔ̃ɖelawo. Naneke menɔ Kiundu si wὸana o. Nu ko wὸdi be yeaɖu.

8

Dzi ɖe le Kiundu ƒo ŋutɔ ɖe nuɖuɖu si mekpɔ ɖu o la ta. Eɖoe be yeatrɔ ayi Nyamani kɔƒea me. Dɔwuame kple ɖeɖiteameŋu wɔe be wὸzɔ ɖɔɖɔɖɔ.

9

Esi wὸɖo Nyamani kɔƒea me la, amewo nɔ ha dzim henɔ ɣe ɖum. Woɖu nu sia nu vɔ xoxo!

10

Esi wὸse be nuɖuɖu aɖeke meli o la, dzidzi ƒoe. Ʋulẽ to eŋu le kpekpe eveawo katã me. Esi wὸgbugbɔ ɖo ame me la, wona dzogbɔ aɖee ɖe kplu sue aɖe me.

11

Kiundu gatrɔ yi aƒe me kple dɔwuame.

12
You are free to download, copy, translate or adapt this story and use the illustrations as long as you attribute in the following way:
Kiundu Ɖokuitɔdila
Author - Mutugi Kamundi
Translation - Janet Ahiatrogah (OLE Ghana)
Illustration - Zablon Alex Nguku
Language - Ewe
Level - First paragraphs