Fia Kayanja Kple Via Nyɔnuvi
Amana Yunus
Natalie Propa

Le blema la, fia aɖe nɔ anyi si woyɔna be Kayanja. Enɔ fiasã me kple srɔ̃a kpakple wo, vi nyɔnu fiavi Apenyo. Fiavi Apenyo sia nye nyɔnuvi dzetugbe aɖe si ŋutsu ɖe sia ɖe di be yeaɖe. Gake fia Kayanja di be yeaxɔ tabianu xɔasiwo ɖe fiavi la ta.

1

Te ɖe fiagã Kayanja ƒe fiasã ŋu la, fia triakɔ aɖe hã nɔ anyi si woɖe ŋkɔ na be Aludah. Woda ŋkɔ ɖe edzi be fia triakɔ elabena ame sia ame dea bubu eŋu le nutoa me. (Ame si gbe eƒe gbe dzi wɔwɔ la xɔa tohehe vɔ̃ɖi tsoa egbɔ!) Asrãdɔ wu fia Aludah srɔ̃ eteƒe medidi o, ale wὸle srɔ̃ bubu dim be yeaɖe.

2

Le esia ta, fia tsitsi lolo sia yi fia Kayanjah gbɔ be yeaxe howui tabianuawo hena fiavi nyɔnu tugbedzea ɖeɖe. Esi ŋutsu eveawo nɔ nya me dzrom tso tabianuawo ŋuti la, gbɔvi Kakembo da to woƒe dzeɖoɖo. Gbɔvi, Kakembo kple fiavi Apenyo dome nyina ŋutɔ.

3

Fia Aludah lɔ̃ be yeatsɔ yeƒe kesinɔnuwo ƒe memama afã na fia Kayanja eye yeatsɔ abui si nye tabianuawo dometɔ ɖeka la hã kpe ɖe eŋuti nɛ. Adzame dzadzraɖowo yi dzi hena fia Aludah kple fiavi nyɔnu Apenyo ƒe alɔlelé ŋuti. Fia la nya be ye vi nyɔnu makpɔ dzidzɔ le ɖoɖo sia ŋuti o.

4

Esi wὸsusɔ kwasiɖa ɖeka ko ne woawɔ fiasã me srɔ̃ɖeɖe sia la, gbɔvi Kakembo te ɖe Apenyo ŋu hegblɔ nɛ bena, "Nye lɔlɔ̃tɔ fia vinyɔnu, fofowὸ wɔ ɖoɖo ɖe ŋuwὸ be yeatsɔ wὸ na fia Aludah be wὸaɖe eye srɔ̃ɖekɔnu sia wɔwɔ ava dzi le kwasiɖa ɖeka ko me."

5

Gbafa ƒo fiavi Apenyo. Gbã la, menya nu si wὸawɔ o. Ebu tame vie eye wὸgblɔ be, "Nyemaɖe fia Aludah, ŋutsu tsitsi lolo ma o. Gbeɖe! Ele nam be maɖe abla ɖe Trevor dzi kpɔ be nu kae wὸate ŋu awɔ hafi nuwɔzã nava do." Trevor nye fia vinyɔnu Apenyo ƒe ahĩavi.

6

Le zã ma me la, Apenyo zɔ dzadzadza si dzo le fiasã la me. Ne fofoa va nya afi si yim wὸnɔ la, ado dɔmedzoe ŋutɔ. Eƒu du to kpewo dzi kple aŋɔkawo me le avetsu do viviti tsiɖitsiɖi me vaseɖe esime wὸva ke ɖe eƒe Trevor la ŋu mlɔeba. Esi wὸɖo Trevor ƒe aƒe me la, ɖeɖi te eŋu eye dɔ kple tsikɔ hã nɔ ewum.

7

Trevor bia Apenyo be, "Nye lɔlɔ̃tɔ, nu kae dzɔ hafi wὸ ɖeka nèzɔ mɔ didi sia le zã sia me?" Eku tsi nɛ wὸno eye wὸɖe mɔ nɛ be wὸaɖi ɖe eme. Trevor tsi dzodzodzoe esime wὸnɔ Apemyo lalam be wὸaƒo nu.

8

Trevor biae be, "Nye lɔlɔ̃tɔ fia vinyɔnu, nu kae nye kuxia?" Apenyo gbɔ fũu eye wὸgblɔ nublanuitɔe be, "Fofonye di be yeaɖem na fia Aludah, gake nyemate ŋu aɖe ŋutsu baɖa ma o. Trevor, medi be maɖe wὸ, ne èda he gɔ̃ hã. Mele klalo be makpe fu. Melɔ̃ wὸ."

9

Ke Trevor fa avi hegblɔ be, "Fia vinyɔnu, naneke mele asinye matsɔ aɖe wὸe o, enya be amedahe ye menye." Apenyo ɖo ŋu gblɔ be, "Menya, gake wὸ koe mate ŋu aɖe." Apenyo bu tame sẽe eye wὸgbɔ be, "Na míayi ŋutsu tɔdziʋukula Kategga gbɔ be wὸakɔ mí atso tɔe ayi ɖe go kemɛ dzi, ale be míasi eye fofonye nagakpɔ mí o."

10

Fia Kayanja de dzesi be fia vinyɔnu Apenyo bu le fiasã me eya ta eɖe gbe na eteviwo be woadii le kɔƒe blibo la me. Fiaŋudzɔlawo, asrafowo kple ame sia ame di fia vinyɔnu Apenyo, gake womekpɔe o. Wotrɔ yi fia la gbɔ eye wona wὸnya be Apenyo mele afi aɖeke yewoakpɔ o. Fia Kayanja do dziku vevie eye wὸɖe gbe na wo gblɔ be, "Ekema miyi ɖe gbeme aɖa dii."

11

Esi fia vinyɔnuvi Apenyo kple Trevor zɔ kaba ɖo ta tɔa to la, tsizi de asi dodo me. Esia fia be ahomya sesẽ aɖe gbɔna.

12

Kategga, tɔdziʋukula la nɔ eƒe tɔdziʋu sam ɖe nu ŋu hafi ɖekadzɛ kple tugbedzɛ siawo te ɖe eŋu. Trevor bia tso Kategga si be wὸaku yewo atso tɔ lae. Kategga gbe be yemaku wo atso tɔ lae o elabena ahomya sesẽ si te tu yewo la agblẽ nu le yewo ŋu.

13

Trevor ɖe nu me na Kategga tso nu si ta wὸle vevie kokoko be woatso tɔ la la. Eƒo asi ɖe eƒe kotoku ƒe gogloeƒe heɖe hotsui na Kategga. Esi Kategga se woƒe nyawo eye wὸkpɔ hotsui dzeani la la, efa konyi kple wo. Ale togbɔ be ahomya di be yeaƒo hã la, elɔ̃ be yeaku wo atso tɔ lae.

14

Kategga he tɔdziʋu la ɖe go ŋu eye wὸbia tso wo si be woage ɖe eme. Etsɔ eƒe akufa eye wὸde asi ʋua kuku me. Esi fia Kayanja kple fia Aludah ɖo tɔa nu la, wokpɔ ame etɔ̃ la le tɔdziʋua me. Wode dzesii be lɔlɔ̃tɔ eveawo si dzo.

15

Tɔdziʋu la va do go ɖe ahomya sesẽ aɖe nu eye naneke meli si Kategga ate ŋu awɔ tso eŋu o. Fia Kayanja do ɣli be, "Apenyo, meɖekuku, trɔ va! Nyemagahe to na wὸ alo Trevor o; metsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi." Gake wɔna aɖeke megali o. Tɔdziʋua mli to eme eye ame etɔ̃awo nyrɔ̃ ɖe tɔ dzeagbo la me. Tso gbe ma gbe dzi la, mɔ ʋu be ame sia ame ate ŋu aɖe nyɔnu alo ŋutsu si wὸlɔ̃ la le fia Kayanja ƒe fiaɖuƒea me, eɖanye hotsuitɔ loo, alo eɖanye amedahe.

16
You are free to download, copy, translate or adapt this story and use the illustrations as long as you attribute in the following way:
Fia Kayanja Kple Via Nyɔnuvi
Author - Amana Yunus
Translation - Janet Ahiatrogah (OLE Ghana)
Illustration - Natalie Propa
Language - Ewe
Level - Longer paragraphs