Mondli Kple Mbali Srã Wo Mamaa Kpɔ
Violet Otieno
Catherine Groenewald

Mondli kple Mbali nɔ wo fofo gbɔ le du gã me. Wonɔ mɔ kpɔm na mɔkeke. Menye be woake mɔ ko ta o, ke boŋ be woa yi aɖa srã wo mama kpɔ. Wo mama nɔ kɔƒe aɖe si te ɖe tɔsisi gbadzaa aɖe ŋuti la me.

1

Dzi dzɔ Mondli kple Mbali elabena ɣeyiɣi de be woagayi aɖa srã wo mama kpɔ. Woƒo woƒe agbawo nu ƒu le zã si do ŋgɔ la me henɔ klalo na mɔ legbe la zɔzɔ yi ɖe wo mamaa gbɔ le kɔƒe me. Womete ŋu dɔ alɔ̃ o, dze ko woɖo zã blibo la katã tso mɔkeke la ŋuti.

2

Esi ŋu ke la, wonɔ wo fofo ƒe ʋu me heyi ɖe kɔƒe la me. Le woƒe mɔzɔzɔ me la, woto togbewo, lãwo kple agblewo ŋuti. Woxlẽ lɔriwo eye wodzi hawo hã le mɔa dzi. Le ɣeyiɣi ʋe aɖe megbe la, ɖeɖi te ɖeviawo ŋu eye wodɔ alɔ̃.

3

Mondli kple Mbali fofo nyɔ wo esi woɖo kɔƒea me. Wokpɔ wo mamaa Nobuntu wὸnɔ aba dzi henɔ gbɔgbɔm ɖe eme le ati aɖe te.

4

Nobuntu do woezɔ na wo, ɖu ɣe ƒoxlã xɔa me eye wὸdzi ha kple dzidzɔ. Edo dzidzɔ na ɖeviawo be yewotsɔ nunanawo tso du gã me vɛ na yewo mamaa. Mondli be, "Ʋu nye nunana gbã." Mbali be, "Kpao, nye nunana boŋ gbã!"

5

Esi Nobuntu ʋu nunanawo nu vɔ la, eyra mamayɔviawo. Emegbe la, Mondli kple Mbali do yi xexe ɖa fe fefe. Nobuntu kple via ŋutsu ɖo dze geɖe tso ƒomea ŋuti.

6

Esi xexea me tsɔ la, Mbali kple Mondli trɔ va aƒe me hena fiẽ nu ɖuɖu. Hafi woaɖu nua vɔ la, alɔ̃ de asi wotsɔtsɔ me! Le ŋufɔke la, ɖeviawo fofo trɔ dzo yi du gã me hegblẽ wo ɖe wo mamaa Nobuntu gbɔ.

7

Mondli kple Mbali kpe ɖe wo mamaa ŋuti le aƒemedɔwo wɔwɔ me. Wodu tsi eye wofɔ nake hã. Wofɔ kokloziwo le kokloviwo gbɔ eye woho gbewo le abɔ me.

8

Gbe ɖeka ŋdi la, Mondli kplɔ mamaa ƒe nyiwo yi nuɖuƒe. Wotra mɔ ge ɖe woƒe aƒelika ɖeka ƒe agble me. Agbledela la do dɔmedzoe. Eka fia wo be yeazi nyiawo dzi elabena woɖu yeƒe agblemenukuwo. Tso gbe ma gbe dzi la, Mondli kpɔ gbɔ be nyiawo megage ɖe nya me azɔ̃ o.

9

Le ŋkeke bubu dzi la, ɖeviawo yi asi me kple wo mamaa Nobuntu. Edzraa nu kpotokpotoewo abe amagbewo, sikli kple adzalẽ le agba dzi. Mbali lɔ̃a asidodo ɖe nu si dzram wole la ŋu na nuƒlelawo. Mondli ƒoa ƒu nu si nuƒlelawo ƒle la nu na wo.

10

Hafi woanya la mɔkeke la wu enu eye wὸdze be ɖeviawo nagatrɔ yi suku le du gã me. Nobuntu na kplu Mondli eye wὸna awu Mbali. Edo nuɖuɖugba na wo be woatsɔ dzoe.

11

Esi wo fofo va wokplɔ ge la, womedi be yewoadzo o. Ɖeviawo ɖe kuku na Nobuntu be wὸadze yewo yome yi ɖe du gã me. Eko alɔgbɔnu eye wὸgblɔ be, "Metsi wu du gã me nɔnɔ. Gake manɔ afi sia anɔ miadzɔm miagava srãm kpɔ le mɔkeke si gbɔna la me."

12
You are free to download, copy, translate or adapt this story and use the illustrations as long as you attribute in the following way:
Mondli Kple Mbali Srã Wo Mamaa Kpɔ
Author - Violet Otieno
Translation - Kumah Godwin Kwaku (OLE Ghana)
Illustration - Catherine Groenewald
Language - Ewe
Level - Longer paragraphs